Luke 23

Yesu le Pilato ŋkume

(Mateo 27:1-2, 11-14; Marko 15:1-5; Yohanes 18:28-38)

1Azɔ takpekpe bliboa katã kplɔ Yesu va Pilato ƒemee. 2Esi woɖo afi ma teti ko la wode asi enu tsotso me na Pilato be, “Ŋutsu sia le to gblẽm na dukɔa me viwo be womegadzɔ nu na Kaisaro o. Gawu la, etɔ asi akɔta be yee nye míaƒe Mesia, si nye Fia si gbɔna la.”

3Pilato bia Yesu be, “Wòe nye Yudatɔ ƒe fia la?” Eɖo eŋu be, “Ẽ, ele me abe ale si nègblɔe ene.”

4Pilato trɔ ɖe Osɔfogãwo kple ameha la ŋu gblɔ be, “Nyemekpɔ vodada ɖeke le ame sia ŋu o.”

5Ke ameawo ganɔ nutsotso nam le eŋu vevie ŋutɔ. Wogblɔ na Pilato be, “Ne medze agɔ o hã la, ehe tɔtɔtɔ geɖe vɛ. Ena be amewo le tsitre tsim ɖe dziɖuɖua ŋu le afi sia afi si wòde la. Ewɔ esia ƒo xlã Yudea godoo kpeɖo tso keke Galilea va se ɖe Yerusalem ke!”

Yesu le Herodes ŋkume

6Esi Pilato se nya siawo la, ebia be ame la ɖe Galileatɔ wonyea? 7Ke esi wòse be Yesu tso Herodes ƒe ŋusẽ te la, eɖoe ɖa Herodes, ame si hã nɔ Yerusalem le ŋkeke mawo me. 8Herodes kpɔ dzidzɔ ŋutɔ esi wòkpɔ Yesu elabena ese eŋkɔ zi geɖe eye wòse nukunu gã siwo katã wòwɔ la hã ale wònɔ mɔ kpɔm be awɔ ɖe yeakpɔ.

9Herodes bia biabia geɖewo Yesu ke meɖo ɖeke ŋu nɛ o. 10Le ɣeyiɣi siawo katã me la, Osɔfogãwo kple agbalẽfialawo nɔ tsitre ɖe afi ma nɔ nutsotso geɖewo nam le Yesu ŋu kabakaba ŋutɔ.

11Herodes kple eƒe asrafowo hã va de asi vlododoe me. Wo ɖu fewu geɖe hã le eŋu, wodo awu nɛ abe fia ene eye wogagbugbɔe ɖo ɖe Pilato gbɔ. 12Tso gbe ma gbe la, Herodes kple Pilato ame siwo lé fu wo nɔewo vevie tsã la trɔ zu xɔlɔ̃ veviwo.

Wotso kufia na Yesu

(Mateo 27:15-26; Marko 15:6-15; Yohanes 18:39—19:16)

13Pilato yɔ Yudatɔwo ƒe osɔfogãwo, dumegãwo kple ameha la ƒo ƒui, 14eye wògblɔ na wo be, “Togbɔ be miekplɔ ame sia vɛ be egblẽ to na ame geɖewo be woatsi tre ɖe Roma dziɖuɖua ŋu hã la, meku miaƒe nutsotsoa gɔme tsitotsito ke mekpɔe dzesii kɔtee be ame sia medze agɔ aɖeke o. 15Herodes hã kpɔe be medze agɔ o, eya ta wògatrɔe ɖo ɖe mí. Vavã ame sia mewɔ naneke si ta wòle be woatso kufia nɛ o. 16Le esia ta la, mana woaƒoe sesĩe le dutoƒo eye maɖe asi le eŋu.”

17Azɔ ele na Pilato be, wòaɖe asi le gamenɔla ɖeka ŋu na wo le Ŋutitoto ŋkekenyuia dzi. 18Ke wo katã do ɣli kple gbe ɖeka be, “Ɖe ame sia ɖa! Ɖe asi le Barabas ŋu na mí!” 19Baraba sia nye ame aɖe si wolé de gaxɔ me be ehe tɔtɔ gã aɖe va Yerusalem, be amewo natsi tre ɖe dziɖuɖua ŋu. Gawu la, ewu ame hã. 20Eya ta Pilato gaɖe nya me na ameha la, elabena edi vevie be yeaɖe asi le Yesu ŋu. 21Gake ɖeko ameha la gado ɣli sesĩe wu be, “Klãe ɖe ati ŋu! Klãe ɖe ati ŋu!”

22Pilato gabia wo zi etɔ̃lia be, “Nu ka tae wòle be maklãe ɖe ati ŋu ɖo? Vɔ̃ kae wòwɔ? Ɖeko maƒo ame sia eye maɖe asi le eŋu elabena nyemekpɔ vɔ̃ aɖeke le eŋu si ana be matso kufia nɛ o.” 23Gake ɖeko ameawo ganɔ ɣli dom sesĩe atraɖii be woawu Yesu.

24Mlɔeba la, Pilato wɔ ɖe woƒe didi dzi eye wòtso kufia na Yesu. 25Ale wòtsɔ Yesu de asi na wo be woawɔ nu si wolɔ̃ la kplii. Ke eɖe asi le Baraba ame si wode mɔ ɖe ʋunyaʋunyawɔwɔ kple amewuwu ta la ŋu.

Woklã Yesu ɖe ati ŋu

(Mateo 27:32-44; Marko 15:21-32; Yohanes 19:17-27)

26Esi ameha la kplɔ Yesu yina wuwu ge la, wodo go ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Simɔn, amesi nye Kirenetɔ la wòtso agbleta gbɔna Yerusalem. Ale wozi edzi be wòatsɔ Yesu ƒe atitsoga la kplii. 27Ameha gã aɖe kplɔe ɖo hoo eye nyɔnu geɖewo nɔ avi fam ɖe eŋu le wo dome.

28Yesu trɔ ɖe konyifala siawo ŋu gblɔ na wo be, “Yerusalem nyɔnuwo, migafa avi ɖe ŋunye o, ke boŋ mifa avi na mia ɖokuiwo kple mia viwo. 29Elabena ŋkeke aɖewo gbɔna esime konɔwo gɔ̃ akpɔ dzidzɔ be yewomedzi vi o. 30Amegbetɔwo aɖe kuku na towo be woaho va dze yewo dzi eye togbɛwo naɖi yewo ɖe tome. 31Megblɔ esia elabena ne wole nu siawo ƒomevi wɔm ɖe ati mumu ŋu ɖe, nu ka woawɔ ɖe ati ƒuƒu ŋu?” 32Wokplɔ ŋutsu bubu eve siwo nye hlɔ̃dolawo kpe ɖe eŋu be woaklã woawo hã ɖe ati ŋu kplii. 33Esi woɖo teƒe si woyɔna be “Ametakoli ƒe” la woklãe ɖe ati ŋu le afi ma, hlɔ̃dola ɖeka le eƒe nu ɖusime eye ɖeke le eƒe miame.

34Sẽ la, Yesu do ɣli sesĩe be, “Fofo tsɔ ame siawo ƒe nu vɔ̃wo ke wo elabena womenya nu si wɔm wole la o.” Asrafowo ɖe eƒe awuwo le eŋu eye woda akɔ ɖe ɖe sia ɖe dzi be wòanye ame si aɖu dzi la tɔ. 35Ameha gã aɖe nɔ afi ma nɔ Yesu kpɔm ke Yudatɔwo ƒe amegã siwo nɔ wo dome la nɔ fewu ɖum le eŋu. Wogblɔ be, “Ame sia ɖe ame geɖewo ke mina miakpɔe ɖa be ate ŋu aɖe ye ŋutɔ ɖokui le atia ŋu nenye eyae nye Mesia, si nye Mawu ƒe Ametiatia la vavã.” 36Asrafo siwo nɔ eŋu dzɔm hã ɖu fewu le eŋu. Wotsɔ aha tsitsi nɛ be wòano 37eye wogblɔ be, “Nenye wòe nye Yudatɔwo ƒe fia la, ekema ɖe wò ŋutɔ ɖokuiwò.”

38Woŋlɔ klã ɖe eƒe atitsoga tame be, “AMESIA ENYE YUDATƆWO ƑE FIA”.

39Adzodala siwo woklã ɖe ati ŋu le egbɔ la dometɔ ɖeka gblɔ busunya sia ɖe eŋu be, “Ke wò boŋue nye Mesia la? Nenye wòe la, ekema ɖe ɖokuiwo eye nàɖe miawo hã le atitsoga la ŋue.” 40Ke adzodala evelia blu ɖe nɔvia ta be, “Ɖe mevɔ̃a Mawu oa, esi mí katã míele fububu ma ke tea? 41Míawo ya tohehe sia dze mi, elabena nu si dze míaƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔwo la, eya kpɔm míele. Ke ame sia ya mewɔ nu vɔ̃ aɖeke o.” 42Eyi edzi be, “Yesu ɖo ŋku dzinye le wò fiaɖuƒe la me.”

43Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Mele ŋugbe dom na wò kple kakaɖedzi be, egbea ke nànɔ Paradiso la me kplim.”

Yesu ƒe ku

(Mateo 27:45-56; Marko 15:33-41; Yohanes 19:28-30)

44Le ɣeyiɣi sia me la eƒo ga wuieve lɔ ƒe, ke viviti do ɖe anyigba blibo la katã dzi enumake va se ɖe ɣetrɔ ga etɔ̃ me. 45Ɣe ƒe keklẽ bu eye enumake xɔmetsovɔ titri si wotsɔ tso gbedoxɔ la mee la ma ɖe akpa eve.

46Yesu do ɣli sesĩe le gaƒoƒo sia me gblɔ be, “Fofo, metsɔ nye gbɔgbɔ de asiwò me.” Esi wògblɔ nya siawo vɔ ko la, emia nu kpoo.

47Esi Roma srafo siwo klã Yesu ɖe ati ŋu la ƒe amegã kpɔ nu si dzɔ la, vɔvɔ̃ ɖoe ale wòkafu Mawu gblɔ bena, “Le nyateƒe me ame sia medze agɔ aɖeke o.” 48Esi ame siwo katã va ƒo ƒu be yewoakpɔ nu siwo ava dzɔ teƒe la, kpɔ nu siwo va dzɔ la, wotrɔ dzo nɔ woƒe akɔta ƒom. 49Ke eƒe ame nyanyɛwo katã kple nyɔnu, siwo dze eyome tso Galilea la, tsi tre ɖe adzɔge ke le nu siawo kpɔm.

Yesu ɖiɖi

(Mateo 27:57-61; Marko 15:42-47; Yohanes 19:38-42)

50Azɔ ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Yosef, Yudatɔwo ƒe Takpekpegã me nɔla, ame si nye ame nyui kple ame dzɔdzɔe, 51ame si melɔ̃ ɖe woƒe aɖaŋudede kple woƒe nuwɔwɔ dzi o. Etso Yuda du si woyɔna be Arimatia la me, eye wonye ame si le mɔ kpɔm na mawufiaɖuƒe la ƒe vava. 52Ŋutsu sia yi Pilato gbɔ ɖabia Yesu ƒe kukua. 53Wona mɔe eye wòɖe Yesu ƒe kukua le atitsoga la ŋu. Exatsa aklala ɖe eŋu eye wòtsɔe yi ɖamlɔ yɔdo yeye aɖe si woɖe ɖe agakpe aɖe si le togbɛ aɖe xa la me. Womeɖi ame aɖeke ɖe yɔdo sia me kpɔ o. 54Ewɔ esia le Fida ɣetrɔ le esime amewo nɔ dzadzra ɖo wɔm na Sabat ŋkekea ɖuɖu.

55Esi Yosef kɔ ame kukua yina ɖiɖi ge la, nyɔnu siwo tso Galilea va la kplɔe ɖo eye woyi ɖakpɔ afi si wòɖii ɖo. 56Ale woyi aƒeme ɖawɔ atikewo kple ami ʋeʋẽwo be yewoava si na Yesu ƒe kukua be wòagavo o. Gake esi wowu ami ʋeʋẽwo kple atikeawo wɔwɔ nu la, Sabat ŋkekea ɖo edzi, eye le Yudatɔwo ƒe kɔa nu la, wodzudzɔ le ŋkeke sia dzi.

Copyright information for EweBEE